Jealous Twins

Transcription and translation
SNye dada Hudolo Atɔsu
I, Madam Hudolo Atɔsu
ye ŋutinya yia gblɔ ge
I am going to tell this story
ne ɖeviwo abe fefe fefe ene
to children as a play
Eye edzɔ kpɔ.
And it happened once
Ee mise gli loo
Listen to a story
AEgli neva
Let the story come
SEglia tso υuu keke dze ŋutsu aɖe kple srɔ dzi
The story moves and lands on a man and the wife
AWodze dzi
It falls on them
SMawu va xɔ
God received
Ao to, nyateƒe
No wait, speak the truth
Wole edzi υuu keke wova dzi eve nɔvi; Atsu kple Etse.
They lived for long and have twins; Atsu and Etse
Atsu kple Etse wo va le edzi υuu keke
Atsu and Etse lived and grew up
wo va kpɔ nyɔnu be ye woaɖe.
they saw a woman they wanted to marry
ame yia be nyɔnu yi ɖe ge yeala yi.
This one says that this is the woman he will marry
Ame yi hã be nyɔnu yi ɖe ge yeala yi.
This one says that this is the woman he will marry
Nyɔnua be newo yi woa dzi flawasi nyuie aɖe
The woman said they should look for flowers
ne wokpɔ flawasi wonyoa, hafi yeaɖe wo
When they got flowers that are good, before she will marry them
Wova yi υuu keke; Atsu va kpɔ flawasia, flawasia menyo
They went for long and Atsu saw the flowers, the flowers were not good
Etse tɔ nyo.
Etse’s were good.
Wo va do go
They met
Atsu va tsɔ Etse wu tsɔ flawasia xɔ
Atsu killed Etse and took the flowers
tsɔ gbɔe va tsɔ ɖe nyɔnuae
back and married the woman
Wole edzi υuu keke
They were on it for long
Eva dzɔ be ŋutsu aɖe nye alẽkplɔla, alẽnyila,
Once there was a man who was a shepherd
ekplɔ alẽawo kɔ yi ɖe gbedzie,
He took the sheep to the field
Gbeadzi woyi koa, etsatsam gbea me koa
In the field, he was walking in the bush
Eƒe afɔ vadze eƒu aɖe dzi
His feet stepped on some bones
AOh ŋŋ..
Oh ...
SWomenya nuka ƒuie o
They did not know what bone it was
AGbemagbe má mele eteƒe
On that day I was present
Neva mise
Let it come for us to hear
Note
Musical interlude with dancing
Tototo ƒui ta
(The sound made in soup preparation)
Bɔbitadi…
Anchovy stew
Kpɔ aɖe
Look your tongue (it’s your turn)
SYoo gbemagbe má, amekae yae nyɔnua ɖe ge?
On that day, who will marry the woman
ŋutsuwo le mia dome fifia?
Do you have men among you now?
AEe … miawoe nye si
Yes.. we are here
SKe wo tututue nye Atsua ewu Etsea
Then you are Atsu who killed Etse
Yewo gbɔ; koa eƒua alẽkplɔla tsɔ afɔ ɖo edzi
then again; the shepherd stepped on it
yiko eƒua be:
then the bone said
Note
A song by the story teller...
E! Alekplɔla
E! Alekplɔla
E! shepherd (2 times)
Ewoe wum le mɔga yia dzi
It is he who killed me on the broad way
tsɔ flawa kɔ yi aƒee
take the flowers home
Oh alekplɔla…
Oh shepherd…
Alekplɔla be nya kae nye ma
The shepherd said what news is that
Woga da afɔ ɖe dzi
He stepped on it again
E ! Alekplɔla
E ! Alekplɔla
E! shepherd (2 times)
Note
A song by the story teller...
Atsue wum le mɔga la dzi
It is Atsu who killed me on the broad way
tsɔ flawa kɔ yi aƒee
take the flowers home
Alẽkplɔla tsɔ eƒua vae na dadaa kple fofoa…
The shepherd brought the bone to the mother and father
Fofoa tsɔ afɔ da ɖe edzi wobe…
the father stepped on it and it said…
E! tatanye
E! tatanye
Oh! my father (2 times)
Atsue wum le mɔga la dzi
It is Atsu who killed me on the broad way
tsɔ flawa kɔ yi aƒee
take the flowers home
E! tatanye
Oh! my father
Fofoa tsɔ afɔ gada ɖe dzi ake
The father put his foot on it again
E! tatanye
E! tatanye
Oh! my father (2 times)
Atsue wum le mɔga la dzi
It is Atsu who killed me on the broad way
tsɔ flawa kɔ yi aƒee
take the flowers home
E! tatanye
Oh! my father
Woyɔ dadaa be neva.
He called the mother that she should come
Dada va wobe mie ŋutsuwo miele afiyia go dzi
The mother said you men are here
da ƒu ɖe afiyia ko miebe ye neda afɔ ɖe dzi haa…
you place a bone here that I should step on it
Wobe neya neda afɔ ɖe edzi kpɔ ko
They said she should step on it
Eƒua kɔseti aɖe ɖem,
The bone is showing some concert
dadaa tsɔ afɔ da ɖa edzi
The mother stepped on it
Afɔ wo da ɖe dzi haa….
The foot she placed on it
E ! Enɔ nye
E ! Enɔ nye
Oh my mother (2 times)
Atsue wum le mɔga yia dzi
It is Atsu who killed me on the broad way
tsɔ flawa kɔ yi aƒee
take the flowers home
E! Enɔ nye
Oh! my mother
Dadaa ga li sẽe ko be enya vivi
The mother after a while said the words are so interesting
Wo ga tsɔ afɔ da ɖe edzi ake;
She stepped on it again
wo ga dzi nɛ...
It sang for her again
E ! Enɔ nye
E ! Enɔ nye
E! my mother (2 times)
Atsue wum le mɔga yiaa dzi
It is Atsu who killed me on the broad way
tsɔ flawa kɔ yi aƒee
take the flowers home
E! Enɔ nye
Oh! my mother
Koa ye woli sẽe koa
Then after they stayed for a while
wobe wone yɔ Atsua ɖa…
They said they should call Atsu
AGbemagbe ma mele eteƒe.
On that day I was present
SNeva mise.
I should come for us to hear
Note
Musical interlude with dancing
Glinya toto
Story telling
Glinya alakpa gli…
It is a make believe…
AKpɔ aɖe
Look your tongue (Its your turn)
SGbe magbe ma tututua,
On the exact day,
woe nyɔnua nye ge
You are going to be the woman
Ke afiya wo be wo ne yɔ Atsua ɖa.
Then this place they asked that they should call Atsu
Atsua va. Wobe ne da afɔ ɖe eƒua dzi
Atsu came. They asked him to step on the bone
ne nya yi gblɔm eƒua lea ne ye wɔa see.
so that the words the bone was saying they all hear
Yiko wo be: ‘tso miawo ya eƒu le miagbɔ,
Then he said: ‘You, you have bone with you
Afikae miekpɔ eƒua le
Where have you got the bone from
hafi be mada afɔ ɖe edzi?
then you want me to step on it?
Nye mele afɔ da ge ɖe edzi o.
I am not going to step on it
Wo kuku ɖem nɛ υuu keke
They were pleading with him for a long time
hafi wova da afɔ ɖe ƒua dzi.
before he came and stepped on the bone
Yiko afɔ woda ɖe edzi ko wo be:
Then as he stepped on the bone it said:
Ɖe afɔ le dzi nye
Ɖe afɔ le dzi nye
remove your foot from me
Woe wum le mɔ ga ya dzi
you killed me on the broad way
tsɔ flawa yi aƒee..
and took the flowers home
O, ɖe afɔ le dzi nye
O, ɖe afɔ le dzi nye
O, remove your foot from me
Wo le edzia, wo be ne ga dae ɖe ake,
they continued, they said he should step on it again,
wo ga dae ɖe edzi ake.
he stepped on it again
Wole edzi; nukae va dzɔ?
they were on it; what happened?
Ewu Etse; woa ne kpɔ agbe le,
You killed Etse; you are alive
tsɔ nyɔnua he ɖe.
and married the woman
Wo va tso kufia na Atsu.
They have sentenced Atsu to death
Wowu Atsua.
They killed him
Ke numatae wobe
That is why it is said that
ne ebe ye nɔvitɔ meganyo oa,
If you say that your friend’s should not be good
wo hã tɔwò menyonyo ge o.
yours will also not be good
Eye meto afima tsɔ ble mie loo.
and I brought it from that place to deceive you
Adzo ɖu mie mi
This is the end of the story
STo gobuie mi
You have cupped ears for stories
AYoo
Indeed